Revelation of John 17

Gbolo Gã la kple lã wɔadã la

1Mawudɔla adreawo dometɔ ɖeka, si lé kplu adreawo ɖe asi la, va gblɔ nam bena, “Va, mafia tohehe si woatsɔ ana Gbolo Gã si nɔ anyi ɖe tsi geɖewo dzi la wò. 2Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii eye anyigbadzitɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe wain mu.”

3Tete mawudɔla la kɔm le gbɔgbɔ me yi gbedzi, afi ma mekpɔ nyɔnu aɖe si nɔ anyi ɖe lã hẽ aɖe dzi esi ŋu busuŋkɔwo le. Lã la to ta adre kple dzo ewo. 4Nyɔnu la do awu legbe si wotɔ kple avɔ blɔ kple avɔ dzẽ, eye wòde sikakɔga keklẽwo, kpexɔasidzonuwo kple dzonu bubuwo kɔ. Sikakplu si yɔ fũu kple ŋunyɔnuwo kple eƒe ahasiwɔwɔ ƒe ŋunyɔnu la le esi. 5Woŋlɔ ŋkɔ si nye nya ɣaɣla la ɖe eƒe ŋgonu, “Babilonia Gã la, gbolowo kple anyigbadziŋunyɔnuwo dada.”

6Mekpɔ be nyɔnu la mu amekɔkɔewo kple ame siwo ɖi ɖase le Yesu ŋuti la ƒe ʋu. Esi mekpɔe la, nye mo wɔ yaa. 7Tete mawudɔla la biam be, “Nu ka ŋuti wò mo wɔ yaa ɖo? Maɖe nyɔnua kple lã si dom wòle, lã si to ta adre kple dzo ewo ƒe nu ɣaɣla me na wò. 8Lã si nèkpɔ la, nɔ anyi tsã, gake megali fifia o, eye ado go tso ʋe globo la me ayi eƒe tsɔtsrɔ̃ la me. Anyigbadzitɔ siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me o la ƒe mo awɔ yaa ne wokpɔ lã la elabena enɔ anyi tsã ke megali fifia o, gake agatrɔ ava.

9“Nya sia hiã na susu si me nunya le. Ta adreawo nye togbɛ adre siwo dzi nyɔnu la nɔ anyi ɖo. 10Woganye fia adrewo hã. Wo ame atɔ̃ dze anyi, ɖeka li fifia eye ɖeka mekpɔ va haɖe o. Ke ne eva va la, anɔ anyi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. 11Lã si nɔ anyi kpɔ eye megali fifia o lae nye fia enyilia: Enye fia adreawo dometɔ ɖeka eye wòyina ɖe eƒe tsɔtsrɔ̃ la me.

12“Dzo ewo siwo nèkpɔ la, nye fia ewo siwo si fiaɖuƒe mesu haɖe o, gake la, woana dziɖuɖuŋusẽwo abe fiawo ene kpe ɖe lã la ŋu hena gaƒoƒo ɖeka. 13Taɖodzinu ɖeka le wo si eye woatsɔ woƒe ŋusẽ kple dziɖuɖuŋusẽ ana lã la. 14Woawɔ aʋa kple Alẽvi la gake Alẽvi la aɖu wo dzi elabena eyae nye aƒetɔwo dzi Aƒetɔ kple fiawo dzi Fia la eye eƒe ame tiatiawo, ame siwo wòyɔ kple ame siwo dze eyome le anukware me la, anɔ egbɔ.”

15Mawudɔla la yi edzi gblɔ nam be, “Tsi siwo nèkpɔ esiwo dzi gbolo la nɔ anyi ɖo la nye amewo, amehawo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo. 16Lã la kple eƒe dzo ewo siwo nèkpɔ la, alé fu gbolo la, woahee va gbegblẽ me eye woagblẽe ɖi amamae. Woaɖu eƒe lã eye woatɔ dzoe, 17elabena Mawu tsɔe de woƒe dzime be woana eƒe tameɖoɖo nava eme ne woalɔ̃ atsɔ woƒe ŋusẽ ana lã la ne wòatsɔ aɖu dzii va se ɖe esime Mawu ƒe nyawo ava eme. 18Nyɔnu si nèkpɔ la eyae nye du gã si le anyigbadzifiawo dzi ɖum.”

Copyright information for EweBEE